Skip to content
BibleKenya

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™

Nyagblɔla 4

Teteɖeto, agbagbadzedze kple xɔlɔ̃ ƒe ame si manɔmanɔ

Emegbe la, melé ŋku ɖe ameteteɖeanyi siwo katã le xexea me la ŋu.

Mekpɔ ame siwo wote ɖe anyi la ƒe aɖatsiwo;

kpeɖeŋutɔ aɖeke meli na wo o,

le esime kpeɖeŋutɔ siwo nye ŋusẽtɔwo la

le ameteɖeanyilawo ƒe akpa dzi.

Ale mebu be ame kukuwo tɔ

nyo sãa wu agbagbeawo tɔ

eye ame siwo nye dzɔgbenyuitɔwo wu la,

woawoe nye ame siwo womedzi o

eye womekpɔ vɔ̃ɖivɔ̃ɖi

kple nu vɔ̃ siwo xɔ xexea me katã la kpɔ o.

Megadze sii hã be nu si dɔa amewo ɖa be woaku kutri awɔ dɔ hena dzidzedzekpɔkpɔ la tso ŋubiabiã ɖe amehavi ŋu gbɔ. Ke esia hã nye bometsitsi kple dagbadagba ɖe yame ko.

Bometsila bla asi ɖe akɔnu

eye wògblẽ eɖokui dome.

Nu asiʋlo ɖeka si ŋuti ŋutifafa

le la nyo wu nu asiʋlo eve si ŋuti sreɖidzedze

kple dagbadagba ɖe yame kpe ɖo.

Megalé ŋku ɖe movidzɔdzɔ tɔgbi aɖe si le xexea me godoo la hã ŋu.

Nu sia ku ɖe ŋutsu aɖe si si

viŋutsu alo vinyɔnu aɖeke mele o la ŋu,

ke ŋutsu sia wɔa dɔ sesĩe matsomatsoe,

eye wòƒoa kesinɔnuwo nu ƒu.

Ame kae wòagblẽ nu siawo katã ɖi na?

Nu ka ta wòle nu gbem le eɖokui gbɔ nenema?

Viɖe aɖeke kura mele eme o.

Ame eve ate ŋu awɔ dɔ wu ame ɖeka

ƒe dɔwɔwɔ ƒe teƒe eve

elabena woƒe nukpɔkpɔ anyo sãa wu.

Ne ɖeka dze anyi la, evelia afɔe,

ke ne amea nye ɖeka eye wòdze anyi la,

egena ɖe fukpekpe me.

Hekpe ɖe esia ŋu la,

ame eve siwo tsyɔ kundru ɖeka

le vuvɔŋɔli le zã me la

kpɔa dzoxɔxɔ tso wo nɔewo gbɔ,

ke aleke ame ɖeka ate ŋu

ade dzo lãme na eɖokui?

Gawu la, woate ŋu aɖu ame ɖeka dzi bɔbɔe

gake ame eve ate ŋu anɔ akpa ɖeka eye woaɖu dzi.

Nu si ganyo wu esiae nye, ame etɔ̃ nanɔ akpa ɖeka

elabena ka si wotsɔ ka sue etɔ̃ lɔ̃e la menya lãna bɔbɔe o.

Dzidzedzekpɔkpɔ hã toflokoe

Enyo be ame nanye ɖekakpui nyanu si da ahe wu be wòanye fia tsitsi aɖe si nye bometsila, eye wògbea aɖaŋu ɖe sia ɖe xɔxɔ. Ɖekakpui ma tɔgbi ate ŋu ado go le gaxɔ me eye xexea me adze edzi nɛ. Ate ŋu aɖu fia gɔ̃ hã togbɔ be wodzii ɖe ahedada me hã. Ame sia ame tsia dzi be yeakpe ɖe ɖekakpui ma tɔgbi ŋu, woadi be yewoakpe ɖe eŋu wòaxɔ fiazikpui la sesẽtɔe gɔ̃ hã. Ate ŋu azu kplɔla na ame akpe akpewo eye ame sia ame alɔ̃e. Ke ne dzidzime yeye la me viwo va tsi la, woɖenɛ le fiazikpui la dzi! Ale esia hã ganye bometsitsi kple dagbadagba ɖe yame ko.

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™. Copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Licensed under CC BY-SA 4.0. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Source: eBible.org. Typeset from the source files; no intended changes to scripture wording. BibleKenya is not endorsed by the rights holder.

Full source notice & licence · CC BY-SA 4.0 · SourceEdition imported 2026-10-25.

BibleKenya

Reader settings

Theme
Font
Alignment
Reading width

Saved in this browser and used offline too. Press ? for keyboard shortcuts.