Skip to content
BibleKenya

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™

Nyagblɔla 12

Ɖo ŋku wò Wɔla dzi le wò ɖekakpuiŋkekewo me,

hafi ŋkeke vɔ̃wo nava eye ƒe siwo me màgakpɔ dzidzɔ

le agbeɖuɖu ŋu le o la nagogo.

Ɖo ŋku wò Wɔla dzi hafi ɣe, kekeli,

ɣleti kple ɣletiviwo nado viviti,

eye lilikpowo natrɔ agbɔ le tsidzadza megbe,

elabena ɣeyiɣi aɖe gbɔna esime tsitsi ana wò afɔwo

kple abɔwo nadzo nyanyanya,

wò ata sesẽwo nagbɔdzɔ,

wò aɖuwo dometɔ geɖewo natu

eye wò ŋkuwo hã natsi

ekema nàna wò nuyiwo namia tititi ne èle nu ɖum

esi wò aɖuwo tu vɔ la ta!

Àfɔ le fɔŋli, ne xeviwo de asi hadzidzi me,

ke màgase nu o eye wò gbe anɔ ƒoƒom,

màgate ŋu adzi ha o.

Àvɔ̃ na dzidede kple gege,

eye nàzu amegãɖeɖi si anɔ zɔzɔm ɖɔɖɔɖɔ,

ame si nyɔnugbɔdɔdɔ magadzro o,

ame si atsi tsitre ɖe ku ƒe agbo nu, eye wòagogo

eƒe aƒe mavɔ esime konyifalawo nɔa ablɔ dzi zɔm.

Ɛ̃, ɖo ŋku wò Wɔla dzi le wò ɖekakpuiŋkekewo me,

hafi agbe ƒe klosaloka natso, sikagba nagbã,

tɔmedeze nagbã le tsi dzidzi to,

tsidumɔ ƒe troƒe nafli ɖa,

nàgatrɔ azu anyi si nènye tsã eye gbɔgbɔ la natrɔ ayi Mawu,

ame si tsɔe na wò la gbɔ.

Nyagblɔla be nuwo katã nye tofloko ko.

Ke esi Nyagblɔla nye nunyala ta la, eyi nu siwo katã wònya la fiafia amewo dzi. Hekpe ɖe esia ŋu la, eƒo ƒu lododowo, eye wòma wo ɖe tanya vovovowo te, elabena Nyagblɔla menye nunyala ɖeɖe ko o, ke boŋ enye nufiala nyui aɖe hã. Menye ɖe wòfia nu si wònya la ko wo o, ke boŋ efianɛ to mɔ si do dzidzɔ na wo la dzi.

Nunyala ƒe nyawo le abe nutɔame siwo tɔa ame, dea lãme na ame hena nuwɔwɔ eye woƒoa nyateƒe veviwo ɖe to la ene. Sukuvi siwo sea nu siwo woƒe nufialawo gblɔna na wo la, zua nunyalawo.

Ke vinye, na woaxlɔ̃ nu wò. Seɖoƒe aɖeke meli na agbalẽ geɖe ŋɔŋlɔ o eye nusɔsrɔ̃ tea ɖeɖi ame ƒe ŋutilã ŋu.

Nya blibo la ƒe taƒonyae nye:

Vɔ̃ Mawu, eye nàwɔ eƒe sewo dzi,

elabena esia koe nye amegbetɔwo

ƒe dɔdeasiwo katã ƒe ƒuƒoƒo

elabena Mawu adrɔ̃ ʋɔnu mí

le nu siwo katã míewɔ le adzame kple gaglãgbe siaa,

eɖanye nyui alo vɔ̃.

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™. Copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Licensed under CC BY-SA 4.0. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Source: eBible.org. Typeset from the source files; no intended changes to scripture wording. BibleKenya is not endorsed by the rights holder.

Full source notice & licence · CC BY-SA 4.0 · SourceEdition imported 2026-10-25.

BibleKenya

Reader settings

Theme
Font
Alignment
Reading width

Saved in this browser and used offline too. Press ? for keyboard shortcuts.