Skip to content
BibleKenya

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™

Timoteo 1 2

Ɖoɖowo le subɔsubɔ ŋu

Eya ta mele nu xlɔ̃m amewo be do ŋgɔ na nu sia nu la, woawɔ kukuɖeɖewo, gbedodoɖawo, nyaxɔɖeakɔwo kple akpedada ɖe amewo katã ta, ɖe fiawo kple dziɖulawo katã ta be míanɔ anyi le ŋutifafa kple agbe ƒe dziɖeɖi me le mawuvɔvɔ̃ kple kɔkɔenyenye siaa me. Esia nyo, eye wòdze Mawu mía Ɖela la ŋu. Edi vevie be ame sia ame nakpɔ ɖeɖe, eye wòase nyateƒe sia gɔme be: Yesu Kristo, ame si va xexea me abe amegbetɔ ene la koe va dzra Mawu kple amegbetɔwo dome ɖo. Ewɔ esia esi wòtsɔ eƒe agbe na ɖe amewo katã ta. Esia nye ɖaseɖiɖi si Mawu tsɔ na xexea me le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi. Enye nyateƒe matrɔmatrɔ be wotiam be manye Mawu ƒe apostolo kple nyanyuidɔgbedela si agblɔ nyateƒe sia na ame siwo menye Yudatɔwo o; afia Mawu ƒe ɖoɖo amewo be woakpɔ ɖeɖe to xɔse me.

Eya ta medi be le afi sia afi la, ŋutsuwo nado woƒe asi kɔkɔewo ɖe dzi na Mawu, ado gbe ɖa, elabena wovo tso nu vɔ̃, dziku kple fuléle si me. Nenema ke medi be nyɔnuwo nado awu ɖe nɔnɔme nyui me, le dzadzɛnyenye kple nu dzeame wɔwɔ me, menye le atsyɔ̃ɖoɖo vivivo kple ɖa ŋɔŋɔe ƒoƒo, sikanuwo kple dzonu xɔasiwo dede kple avɔ xɔasiwo tata me o, ke boŋ kple nu nyui wɔwɔ si dze nyɔnu siwo ʋua eme be yewonye mawusubɔlawo.

Ele na nyɔnu be wòasrɔ̃ toɖoɖo le ɖoɖoezizi kple ɖokuibɔbɔ siaa me. Nyemeɖe mɔ na nyɔnu be wòafia nu alo aɖu amegã ɖe ŋutsu dzi o, ke boŋ nezi ɖoɖoe. Nu ka ta? Elabena Mawu wɔ Adam gbã hafi va wɔ Eva. Eye menye Adam Satana ble o, ke boŋ Evae, eye to esia me, nu vɔ̃ va. Eya ta Mawu na be nyɔnuwo nakpe fu ase veve le woƒe vidzidzi me, ke aɖe woƒe luʋɔwo ne woxɔ edzi se, eye wonɔ agbe nyui le lɔlɔ̃ vavã me.

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™. Copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Licensed under CC BY-SA 4.0. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Source: eBible.org. Typeset from the source files; no intended changes to scripture wording. BibleKenya is not endorsed by the rights holder.

Full source notice & licence · CC BY-SA 4.0 · SourceEdition imported 2026-10-25.

BibleKenya

Reader settings

Theme
Font
Alignment
Reading width

Saved in this browser and used offline too. Press ? for keyboard shortcuts.