Skip to content
BibleKenya

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™

Samuel 1 31

Saul kple Via ŋutsu etɔ̃awo tsi aʋa

Le ɣeyiɣi sia me la, Filistitɔwo dze aʋa la wɔwɔ gɔme kple Israelviwo eye Israelviwo si le wo nu. Wowu Israelvi geɖewo le Gilboa to dzi. Filistitɔwo ɖe Saul kple viawo ɖe nu eye wowu viawo; Yonatan, Abinadab kple Malki Sua. Aʋa la nu sẽ ŋutɔ na Saul eye esi aŋutrɔdalawo tui la wode abi eŋu vevie.

Saul gblɔ na eƒe akpoxɔnutsɔla be, “Ɖe wò yi ɖe go nàƒoe ɖem, ne menye nenem o la, Filistitɔ, aʋamatsomatsoetɔ siawo ava wum eye woado vlom.”

Ke vɔvɔ̃ ɖo eƒe akpoxɔnutsɔla la ŋutɔ eye melɔ̃ be yeawɔ Saul ƒe gbe dzi o. Eya ta Saul tsɔ eya ŋutɔ ƒe yi hedze enu. Esi akpoxɔnutsɔla la kpɔ be Saul ku la, eya hã mu dze eƒe yi nu eye wòku kplii. Ale Saul, eƒe akpoxɔnutsɔla, Via ŋutsu etɔ̃awo kple eƒe aʋawɔlawo ku le ŋkeke ɖeka ma dzi.

Esi Israelvi siwo le balime la godo kple esiwo le Yɔdan tɔsisi la godo se be yewo nɔviwo si eye wowu Saul kple via ŋutsuawo la, wosi le woƒe duwo me eye Filistitɔwo va nɔ duawo me.

Esi ŋu ke eye Filistitɔwo yi be woaɖe nuwo le Israel ƒe ame kukuwo ŋu la, wokpɔ Saul kple Via ŋutsu etɔ̃awo ƒe kukuawo le Gilboa to la dzi. Woɖe Saul ƒe aʋawu le eŋu, tso ta le enu eye wotsɔ eƒe ta kple aʋawɔnu fia amewo le woƒe anyigba dzi godoo. Wotso aseye le dzidzɔnya sia ŋuti le woƒe legbawo kple dukɔmetɔwo ŋkume. Wotsɔ Saul ƒe akpoxɔnu la da ɖe Astarɔt ƒe gbedoxɔ me eye wotsɔ eƒe ŋutilã ku gli aɖe ŋu le Bet Sean.

Esi Yabes Gileadtɔwo se nu si Filistitɔwo wɔ Saul la, aʋawɔlawo katã tso du ma me zɔ mɔ to zã blibo la me yi Bet Sean. Woɖe Saul kple viawo ƒe ŋutilã kukuawo le glia ŋu le Bet Sam eye wotsɔ wo va Yabes Gilead hetɔ dzo wo. Woɖi woƒe afi ɖe logoti la te le Yabes eye wotsi nu dɔ ŋkeke adre.

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™. Copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Licensed under CC BY-SA 4.0. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Source: eBible.org. Typeset from the source files; no intended changes to scripture wording. BibleKenya is not endorsed by the rights holder.

Full source notice & licence · CC BY-SA 4.0 · SourceEdition imported 2026-10-25.

BibleKenya

Reader settings

Theme
Font
Alignment
Reading width

Saved in this browser and used offline too. Press ? for keyboard shortcuts.