Skip to content
BibleKenya

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™

Psalmowo 116

Melɔ̃ Yehowa, elabena ese nye gbe;

ese nye avifafa be wonekpɔ nublanui nam.

Esi wòtrɔ to ɖe gbɔnye ta la,

mayɔe zi ale si mele agbe.

Ku ƒe kawo blam, eye tsiẽƒe ƒe vevesese va dzinye.

Hiã tum, eye nuxaxa va dzinye.

Tete meyɔ Yehowa ƒe ŋkɔ be,

“O! Yehowa, ɖem!”

Yehowa nye amenuvetɔ kple dzɔdzɔetɔ;

míaƒe Mawu la yɔ fũu kple nublanuikpɔkpɔ.

Yehowa kpɔa ame siwo fa tu le dzi me la ta;

esi menɔ hiahiã gã aɖe me la, eɖem le eme.

O! Luʋɔnye, gagbɔ ɖe eme,

elabena Yehowa nyo dɔ me na wò.

O! Yehowa, wòe ɖe nye luʋɔ tso ku me,

nye ŋkuwo tso aɖatsi si me,

nye afɔwo tso anyidzedze me;

be mate ŋu azɔ le Yehowa ŋkume

le agbagbeawo ƒe anyigba dzi.

Mexɔe se, eya ta megblɔ be,

“Wokaa hiãm ŋutɔ.”

Eye le nye moya me, megblɔ be,

“Amegbetɔwo katã nye aʋatsokalawo.”

Aleke mawɔ aɖo dɔmenyo

siwo katã Yehowa wɔ nam la teƒe nɛ?

Makɔ xɔxɔ ƒe kplu la ɖe dzi,

eye mayɔ Yehowa ƒe ŋkɔ.

Maxe nye adzɔgbeɖefe na Yehowa

le eƒe dukɔ blibo la ŋkume.

Eƒe ame kɔkɔewo ƒe ku nye nu xɔasi

le Yehowa ŋkume.

O! Yehowa, menye wò dɔla vavã,

wò dɔlae menye,

wò subɔla ƒe viŋutsue menye,

eye nèɖem tso nye gakɔsɔkɔsɔ siwo blam la me.

Masa akpedavɔ na wò,

eye mayɔ Yehowa ƒe ŋkɔ.

Maxe nye adzɔgbeɖefe na Yehowa,

le eƒe dukɔ blibo la ŋkume,

le Yehowa ƒe aƒe ƒe xɔxɔnuwo,

le mia dome, o Yerusalem.

Mikafu Yehowa.

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™. Copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Licensed under CC BY-SA 4.0. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Source: eBible.org. Typeset from the source files; no intended changes to scripture wording. BibleKenya is not endorsed by the rights holder.

Full source notice & licence · CC BY-SA 4.0 · SourceEdition imported 2026-10-25.

BibleKenya

Reader settings

Theme
Font
Alignment
Reading width

Saved in this browser and used offline too. Press ? for keyboard shortcuts.