Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Hosea 6
Israel gbe dzimetɔtrɔ
“Miva, mina míatrɔ ayi Yehowa gbɔ,
elabena eyae vuvu mí,
eya koe ate ŋu ayɔ dɔ mi.
Eyae de abi mía ŋuti,
eye eyae abla abi la na mí.
Le ŋkeke eve megbe la, agbɔ agbe mí,
le ŋkeke etɔ̃a gbe la,
aɖo mí te, eye míanɔ agbe le eŋkume!
Mina míatrɔ ɖe Yehowa ŋu.
Mina míadze agbagba be míanyae,
eye abe ale si ɣedzedze
kple kelemetsi medana le edzi o ene la,
nenema ke kakaɖedzi li be magbe tɔtɔ na mí o.”
“O, Efraim, nu ka mawɔ na wò,
O, Yuda, nu ka mawɔ kpli wò?
Medɔ nye nyagblɔɖilawo ɖa, wolã mi kakɛkakɛe,
eye metsɔ nye numenyawo wu mii;
nye ʋɔnudɔdrɔ̃ ake dzo ɖe mia dzi abe dzikedzo ene,
elabena nublanuikpɔkpɔ dim mele,
menye vɔsa o,
eye sidzedze Mawu dim mele wu numevɔsawo,
gake abe Adam ene la,
mietu nye nubabla la,
eye miewɔ nuteƒe o.
Gilead nye nu tovo wɔlawo ƒe du,
eye ʋu si woƒe afɔwo ƒo la ɖe ɖe woƒe ablɔwo dzi.
Dua me nɔlawo katã nye adzoblasuwo sɔŋ,
eye wode xa ɖi na ame siwo woɖo be yewoafi.
Nunɔlawo ƒe hawo hã de xa ɖe Sekem mɔ dzi
le amewo wum,
eye wole nu vɔ̃ ƒomevi ɖe sia ɖe wɔm.
Nyateƒe, mekpɔ nu dziŋɔwo le Israel.
Efraim wɔ ahasi to mawu bubuwo yometiti me,
eye Israel ya bliba ɖe ŋunyɔnu me.
“O, Yuda,
woɖo nuŋeɣi ɖi na wò hã.
“Ne megaɖo nye dukɔ ƒe nunyonamewo te,
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™. Copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Licensed under CC BY-SA 4.0. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Source: eBible.org. Typeset from the source files; no intended changes to scripture wording. BibleKenya is not endorsed by the rights holder.
Full source notice & licence · CC BY-SA 4.0 · SourceEdition imported 2026-10-25.