Skip to content
BibleKenya

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™

Nyagblɔla 7

Nunya

Ŋkɔ nyui xɔ asi wu amiʋeʋĩ xɔasitɔ kekeake.

Ame ƒe kugbe nyo wu eƒe dzigbe!

Kuteƒedede nyo wu aglotuƒedede

elabena èle kuku ge eye enye nu nyui

be nàbu ku ŋu le esime ɣeyiɣi gale ŋgɔwò.

Nuxaxa nyo wu nukoko

elabena blanuiléle wɔa dɔ nyui ɖe mía dzi.

Ɛ̃, nunyala bua ku ŋu vevie

ke bometsila bua agbeɖuɖu fifia ko ŋu.

Ne nunyala ka mo na ame la,

enyo wu bometsila nakafu ame

elabena bometsila ƒe amekafukafu nu yina kaba

abe agbalẽ kakɛe ge ɖe dzo me ene

eya ta enye numanyamanya be

ame nana bometsitsi ma tɔgbi ƒe nya nawɔ dɔ ɖe edzi.

Zãnuxɔxɔ nana nunyala trɔna zua bometsila

elabena zãnuxɔxɔ gblẽa eƒe nugɔmesese me.

Nuwuwu nyo wu gɔmedzedze!

Dzigbɔɖi nyo wu ɖokuidodoɖedzi.

Mègado dɔmedzoe kabakaba o,

elabena dɔmedzoedodo kabakaba nana

ame zua bometsila.

Mègatsi dzi ɖe “ŋkekenyui siwo va yi” la ŋu o

elabena mènya ne wonyo wu egbeŋkeke siawo o!

Nunya nye domenyinu xɔasi

kple viɖe na ame siwo le agbe;

Àte ŋu atsɔ ga alo nunya akpɔ nu sia nu,

gake nyui geɖe le nunyalanyenye me.

Kpɔ mɔ si dzi Mawu wɔa eƒe nuwo toe la ɖa eye nàzɔ mɔ ma dzi.

Mègatsi tsitre ɖe dzɔdzɔme ƒe sewo ŋu o.

Kpɔ dzidzɔ le dzɔgbenyui ƒe ɣeyiɣiwo me,

eye ne dzɔgbevɔ̃e tu wò la,

dze sii be Mawue naa dzɔgbenyui

kple dzɔgbevɔ̃e siaa,

ale be ame sia ame nanya be kakaɖedzi mele

naneke ŋu le agbe sia me o.

Medze si nu sia nu le nye agbenɔnɔ ƒuƒlu sia me.

Medze sii be ame nyui aɖewo kuna kaba

ke ame vɔ̃ɖi aɖewo nɔa agbe didi

eya ta mègawɔ nu dzɔdzɔe akpa o

eye mèganya nu tso eme akpa o.

Nu ka ta nàwu ɖokuiwò?

Ke mègavɔ̃ɖi akpa loo

alo nàtsi bome akpa o!

Nu ka ta nàku hafi wò azã nasu?

Lé fɔ ɖe dɔdeasi ɖe sia ɖe si le ŋuwò la ŋu,

eye ne èvɔ̃a Mawu la,

àte ŋu akpɔ mɔ na Mawu ƒe yayra.

Ŋusẽ le nunyala ɖeka ŋu

wu du gã ewo ƒe dziɖulawo!

Ame aɖeke mele xexe blibo la me si nye

ame nyui ale gbegbe be mewɔa nu vɔ̃ aɖeke kura o.

Mègade xa ɖi hena nyasese o,

àva se wò dɔla wòanɔ fi ƒom de wò!

Wò ŋutɔ ènya zi geɖe

siwo nèƒoa fi dea amewoe!

Medze agbagba ɖe sia ɖe be manya nu.

Megblɔ be, “Mazu nunyala kokoko”

Ke medze edzi nam nenema o.

Nunya le didiƒe ke

eye esesẽ ŋutɔ be woake ɖe eŋu.

Medii le afi sia afi,

meɖo ta me kplikpaa be nye asi nasu nunya

kple ŋuɖoɖowo na nye biabiawo dzi,

eye maɖee fia ɖokuinye be vɔ̃ɖivɔ̃ɖi nye lãdzɔdzɔ,

eye bometsitsi nye tsukuku.

Nyɔnu si nye gamɔ kple ɖɔ si ɖea ame la

ƒe aɖi nu sẽna wu ku tɔ.

Mawu naɖi be nàte ŋu asi le enu,

ke nu vɔ̃ wɔla mesina le eƒe mɔtetrewo nu o.

Nyagblɔla gblɔ be,

“Kpɔ ɖa, nu si ŋu meke ɖo lae nye,

woatsɔ nu ɖeka akpe bubu be

woanya ɖoɖo si le nuwo me.

Esi mele nuwo me kum,

nyemeke ɖe naneke ŋu o la,

mekpɔ ŋutsu si nye ame dzɔdzɔe ɖeka

le ame akpe ɖeka dome,

ke nyemekpɔ nyɔnu ɖeka si nye

ame dzɔdzɔe la le wo katã dome o.

Mekpɔe hã be

togbɔ be Mawu wɔ amegbetɔwo

wonye ame dzɔdzɔewo hã la,

wo dometɔ ɖe sia ɖe trɔ dze

eya ŋutɔ ƒe nu vɔ̃ mɔ dzi.”

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™. Copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Licensed under CC BY-SA 4.0. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Source: eBible.org. Typeset from the source files; no intended changes to scripture wording. BibleKenya is not endorsed by the rights holder.

Full source notice & licence · CC BY-SA 4.0 · SourceEdition imported 2026-10-25.

BibleKenya

Reader settings

Theme
Font
Alignment
Reading width

Saved in this browser and used offline too. Press ? for keyboard shortcuts.