Skip to content
BibleKenya

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™

Yohanes 1 1

Agbenya la

Nu si li tso xexea me ƒe gɔmedzedze ke, nu si ŋkɔ míese, eye míekpɔ. Nu si míekpɔ kɔtɛe kple míaƒe ŋkuwo, eye míawo ŋutɔ míeka asi eŋu la, eya ƒe nya míele gbeƒã ɖem na mi be eyae nye Agbenya la. Agbe sia do, míekpɔe, míeɖia ɖase le eŋuti, eye míeɖea gbeƒã agbe mavɔ si le Fofoa gbɔ, eye wòdze na mí la na mi. Míeɖea gbeƒã nu si míekpɔ kple nu si míese la na mi be miawo hã miado ƒome kpli mí, eye míaƒe ƒomedodo sia li kple Fofo la kple Via Yesu Kristo. Míele esia ŋlɔm ɖo ɖe mi be miaƒe dzidzɔkpɔkpɔ nade blibo.

Mizɔ le kekeli la me

Azɔ la, esia nye gbedeasi si míese tso egbɔ, eye míele gbeƒã ɖemi na mi be, “Mawue nye kekeli, eye viviti aɖeke mele eme kura o.” Ne míegblɔ be míebɔa ha kplii, gake míegale viviti me zɔm la, ekema míenye alakpatɔwo, eye míele nyateƒe la dzi wɔm o. Ke ne míezɔ le kekeli me abe ale si eya hã le kekeli me ene la, ekema míebɔ ha kple mia nɔewo, eye Yesu Kristo si nye Via ƒe ʋu aklɔ míaƒe nu vɔ̃ ɖe sia ɖe ɖa le mía ŋuti.

Ne míegblɔ be nu vɔ̃ mele mía ŋuti o la, ekema míele mía ɖokuiwo blem, eye nyateƒea mele mía me o. Gake ne míeʋu míaƒe nu vɔ̃wo me la, ekema Mawu si nye nuteƒewɔla kple dzɔdzɔetɔ la atsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí, eye wòaklɔ madzɔmadzɔnyenye katã ɖa le mía ŋuti. Ne míele gbɔgblɔm kokoko be míewɔ nu vɔ̃ o la, ekema míedo eya amea alakpatɔe, eye eƒe nya mexɔ aƒe ɖe mía me o.

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™. Copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Licensed under CC BY-SA 4.0. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Source: eBible.org. Typeset from the source files; no intended changes to scripture wording. BibleKenya is not endorsed by the rights holder.

Full source notice & licence · CC BY-SA 4.0 · SourceEdition imported 2026-10-25.

BibleKenya

Reader settings

Theme
Font
Alignment
Reading width

Saved in this browser and used offline too. Press ? for keyboard shortcuts.