Skip to content
BibleKenya

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™

Kronika 1 3

David ƒe viŋutsuwo

Esiawoe nye David ƒe viŋutsu siwo wodzi nɛ le Hebron:

Tsitsitɔe nye Amnon, ame si dadae nye Ahinoam tso Yezreel.

David ƒe vi eveliae nye Daniel eye dadae nye Abigail tso Karmel.

Via ŋutsu etɔ̃liae nye Absalom, ame si Maaka, Gesur Fia, Talmai ƒe vinyɔnu dzi nɛ.

Eneliae nye Adoniya, ame si dadae nye Hagit.

Via atɔ̃liae nye Sefatia eye dadae nye Abital

Adeliae nye Itream eye dadae nye Egla.

Wodzi ŋutsu ade siawo na Fia David le Hebron, afi si wòɖu fia le ƒe adre kple afã.

Ena Yerusalem zu fiadu eye wòɖu fia le afi ma ƒe blaetɔ̃-vɔ-etɔ̃. Esi David nɔ Yerusalem la, srɔ̃a Batseba, Amiel ƒe vinyɔnu dzi vi ene siwoe nye:

Simea, Sobab, Natan kple Solomo.

Vi asieke bubuwo ganɔ David si; woawoe nye: Ibhar, Elisama, Elifelet, Noga, Nefeg, Yafia, Elisama, Eliada kple Elifelet.

Vi siwo nyɔnu bubuwo dzi nɛ la mele ame siawo dome o. Vinyɔnu aɖe hã nɔ David si; eŋkɔe nye Tamar.

Yuda fiawo

Fia Solomo ƒe dzidzimeviwoe nye Rehoboam,

Abiya,

Asa,

Yehosafat,

Yoram alo Yehoram,

Ahazia,

Yoas,

Amazia,

Azaria alo Uzia,

Yotam,

Ahaz,

Hezekia,

Manase,

Amon kple Yosia.

Yosia ƒe viwoe nye,

Yohanan alo Yehoahaz,

Yehoyakim,

Zedekia kple

Salum.

Ame siwo ɖu fia ɖe

Yehoyakim yome la woe nye,

Yehoyatsin si nye Yehoyakim vi kple Zedekia.

Fiawo ƒe dzidzimeviwo le aboyomenɔnɔ megbe

Yehoyatsin, ame si wolé la ƒe dzidzimeviwoe nye,

Via ŋutsu Sealtiel, Malkiram, Pedaya, Senazar, Yekamia, Hosama kple Nedadia.

Pedaya ƒe viŋutsuwoe nye,

Zerubabel kple Simei.

Zerubabel ƒe viŋutsuwoe nye,

Mesulam kple Hananiya. Wo nɔvinyɔnu nye Selomit Via ŋutsu atɔ̃ bubuwoe nye Hasuba, Ohel, Berekia, Hasadia kple Yusab Hesed.

Hananiya ƒe dzidzimeviwoe nye,

Pelatia kple Yesaya kple Refaya, Arnan, Obadia kple Sekania ƒe viŋutsuwo.

Sekania ƒe dzidzimeviwoe nye,

Semaya kple via ŋutsuwo: Hatus, Igal, Baria, Nearia kple Safat; wole ame ade.

Viŋutsu etɔ̃ nɔ Nearia si; woawoe nye,

Elioenai, Hezekia kple Azrikam.

Vi adre nɔ Elioenai si: Woawoe nye Hodavia, Eliasib, Pelaya, Akub, Yohanan, Delaya kple Anani.

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™. Copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Licensed under CC BY-SA 4.0. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Source: eBible.org. Typeset from the source files; no intended changes to scripture wording. BibleKenya is not endorsed by the rights holder.

Full source notice & licence · CC BY-SA 4.0 · SourceEdition imported 2026-10-25.

BibleKenya

Reader settings

Theme
Font
Alignment
Reading width

Saved in this browser and used offline too. Press ? for keyboard shortcuts.