Skip to content
BibleKenya

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™

Kronika 1 20

Woxɔ Raba

Le Adame esi fiawo ƒe aʋawɔɣi ɖo la, Yoab nɔ ŋgɔ na asrafohawo. Ewɔ Amonitɔwo ƒe anyigba wòtrɔ zu gbegbe eye woɖaɖe to ɖe Raba, ke David nɔ Yerusalem. Yoab dze Raba dzi eye wòwɔe wòzu aƒedo. David ɖe fiakuku le woƒe fia, Milkom ƒe ta eye wotsɔe ɖɔ na Fia David. Fiakuku la ƒe kpekpeme anɔ sika kilogram blaetɔ̃-vɔ-ene eye wotsɔ kpe xɔasiwo ɖo atsyɔ nɛ. Woha afunyinu geɖe le du la me. Ekplɔ dua me nɔlawo dzoe eye wode dɔ sesẽwo wɔwɔ asi na wo be woawɔ laxalaxadɔwo, fiwo kple fiadɔwo. David wɔ alea le Amonitɔwo ƒe duwo katã me. Emegbe David kple eƒe aʋakɔ blibo la gbugbɔ yi Yerusalem.

Aʋawɔwɔ kple Filistitɔwo

Egawɔ aʋa kple Filistitɔwo le Gezer, ke Sibekai, ŋutsu aɖe tso Husat, wu Sipai, si nye Refaim ƒe dzidzimeviwo dometɔ ɖeka ale Filistitɔwo na ta.

Le aʋa bubu si wogawɔ kple Filistitɔwo me la, Elhanan, Yair ƒe vi, wu Lahmi, Goliat nɔvi, ame si ƒe akplɔti lolo abe ati si le avɔlɔ̃lawo ƒe agbati me ene.

Le aʋa bubu si wowɔ le Gat me la, ame dzɔtsu aɖe to asibidɛ ade ɖe asi ɖe sia ɖe kple afɔbidɛ ade ɖe afɔ ɖe sia ɖe, asibidɛawo kple afɔbidɛawo de blaeve-vɔ-ene. Eya hã nye Rafa ƒe dzidzimevi. Esi wòɖu fewu le Israel ŋu la, David nɔviŋutsu, Simea ƒe vi, Yonatan wui. Ame siawo nye Rafa ƒe dzidzime viwo tso Gat eye wotsi David kple eƒe amewo ƒe asi me.

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™. Copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Licensed under CC BY-SA 4.0. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Source: eBible.org. Typeset from the source files; no intended changes to scripture wording. BibleKenya is not endorsed by the rights holder.

Full source notice & licence · CC BY-SA 4.0 · SourceEdition imported 2026-10-25.

BibleKenya

Reader settings

Theme
Font
Alignment
Reading width

Saved in this browser and used offline too. Press ? for keyboard shortcuts.